Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:41 - Agbenya La

41 Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:41
11 Mawu Ofanana  

Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”


“Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’


Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?”


Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o.


Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.


Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe.


eye mienye Kristo tɔ, ale Kristo hã nye Mawu tɔ.


Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia.


Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.


Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa