Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:3 - Agbenya La

3 eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye eƒe awuwo trɔ le dzo dam hefu tititi, eye nunyãlaa ɖeke mele anyigba dzi ate ŋu awɔ wo woafu alea o.

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:3
13 Mawu Ofanana  

Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.


Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la, enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene.


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la, “woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo. Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe. Eƒe awu fu tititi abe sno ene eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene. Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.


Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene.


Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii.


Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia.


Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme.


ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.”


Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa