Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:21 - Agbenya La

21 Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee.

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:21
15 Mawu Ofanana  

“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie eye woyɔ fũu kple fukpekpe.


Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, nenemae wodzi ame na hiãtuame.


Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.


Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ.


Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.


Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”


Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?”


Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o.


Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe.


Le Listra la, ŋutsu aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tsitre o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔ me ke; mezɔ azɔli kpɔ o.


Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si.


Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã.


Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa