Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 9:1 - Agbenya La

1 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 9:1
13 Mawu Ofanana  

“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”


“Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me,


“Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.


“Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe.


Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.


Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.”


Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”


“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”


Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?”


Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa