Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 8:36 - Agbenya La

36 “Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 8:36
17 Mawu Ofanana  

Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta.


“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?


elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o, eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.


“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’


Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ?


Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.


Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea?


Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?


Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa