Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 8:23 - Agbenya La

23 Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?

Onani mutuwo Koperani




Marko 8:23
12 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia,


Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o. Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o.


Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.


eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”


Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi.


Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”


Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.”


Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”


Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko.


Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.


Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ si ŋu wokɔ kple dzo la le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye, ale be màganɔ amama, eye ŋu nakpe wò o. Kpe ɖe esia ŋu la, nàƒle ŋkutike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu, eye nàgakpɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa