Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 8:18 - Agbenya La

18 Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ŋku li na mi, miekpɔa nu o! Eye to li na mi, miesea nu o! Eye mieɖoa ŋku nu dzi o,

Onani mutuwo Koperani




Marko 8:18
15 Mawu Ofanana  

Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be, womagate ŋu akpɔ nu o, eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.


Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.


‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo, ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o, ame siwo to li na, gake womesea nu o.’


“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.


Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ; be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”


“Mawu gbã woƒe ŋkuwo, eye wòna be woƒe dziwo ku atri, be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o, alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.”


Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”


gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o!


Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?


Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa