Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 8:13 - Agbenya La

13 Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wògblẽ wo ɖi gaɖo ʋu heyi go keme dzi.

Onani mutuwo Koperani




Marko 8:13
15 Mawu Ofanana  

eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.


“Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe.


Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo.


eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.


Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”


“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.


Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.”


Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si.


Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.


Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui.


Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge. Miadim, gake miakpɔm o. Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Afi si meyina la, miate ŋu ava o.”


Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”


Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa