Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:7 - Agbenya La

7 Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiãm.“

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:7
15 Mawu Ofanana  

Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,


“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’


Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la, eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ”


Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta.


Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawudzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o,


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.


“Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”


Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu.


Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ.


Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.


Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua?


Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi,


Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa