Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:36 - Agbenya La

36 Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae.

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:36
8 Mawu Ofanana  

Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.


Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.


Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.


Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”


Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.”


Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa