Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:24 - Agbenya La

24 Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wòdzo le afima heyi ɖe Tiro-nutoawo me. Eye wòyi ɖe aƒea ɖe me, eye melɔ̃ be, amea ɖeke nanyae o, ke mete ŋu ɣla eɖokui o.

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:24
19 Mawu Ofanana  

Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.


tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)


“Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.


Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”


Mafa avi alo ado ɣli alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o.


“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.


Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me.


Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.”


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.


Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.”


Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu


Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.


Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa