Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:18 - Agbenya La

18 Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wògblɔ na wo bena: Ale miawo hã mienye ame masenugɔmewoe nye esi mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii o;

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:18
12 Mawu Ofanana  

Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”


Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ”


Ale Yesu gblɔ na wo bena, “Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo sia gɔme o ɖe, aleke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme?


Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.


Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)


Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase!


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa?


Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom


Nya geɖewo li si wòle be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la, esesẽna be míaɖe nya siawo me na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa