Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 7:17 - Agbenya La

17 Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe me la, eƒe nusrɔ̃lawo bia lo la gɔmee.

Onani mutuwo Koperani




Marko 7:17
10 Mawu Ofanana  

Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Nu ka ta ɣe sia ɣi ko nènɔa nu fiam amewo to lododo me ɖo?”


Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.”


Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo.


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.


Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.


Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?”


Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.


Ame si to senu li na la nesee.]”


Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?


Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa