Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:2 - Agbenya La

2 Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:2
11 Mawu Ofanana  

Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.


Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,


Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.


Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.


Le mawunya deto siwo wògblɔna le woƒe ƒuƒoƒewo ta la, ame sia ame kafunɛ ŋutɔ.


Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ”


Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa