Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 6:14 - Agbenya La

14 Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme.

Onani mutuwo Koperani




Marko 6:14
16 Mawu Ofanana  

Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe.


Amonitɔwo dzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo yi keke Egipte ke elabena enye fia ŋusẽtɔ aɖe.


Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.


Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”


Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu.”


Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum,


Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me.


Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”


Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o,


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa