Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.