Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:43 - Agbenya La

43 Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:43
15 Mawu Ofanana  

Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.


Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o.


Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be,


gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.


Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.


Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la.


Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko.


Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo.


Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.


“Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o,


Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa