Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:40 - Agbenya La

40 Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:40
14 Mawu Ofanana  

Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene.


Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.


Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?”


“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo!


Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:


Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”


“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.


Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!”


Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).


Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta.


Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa