Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:29 - Agbenya La

29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:29
14 Mawu Ofanana  

Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”


elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko.


Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.


O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm.


Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo.


Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.


“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”


“Ne dɔ to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na dɔ to le anyigba la dzi,


“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go.


Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo.


Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,


elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.”


“Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa