Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.
eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka.
Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o.
Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”
Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”