Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 5:15 - Agbenya La

15 Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Marko 5:15
21 Mawu Ofanana  

Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke mawɔ hafi ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?”


Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.”


Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa?


Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.


“Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.


Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?


Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.


Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.


Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la.


Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo,


Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii,


elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o.


Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.”


Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem.


Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna.


Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;


elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.


Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa