Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 4:41 - Agbenya La

41 Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 4:41
17 Mawu Ofanana  

esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’


Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.


“Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ.


Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka.


Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?”


Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”


Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me.


Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ.


Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”


Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ, ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu, ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?”


Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe. Dukɔwo katã ava, eye woasubɔ wò, elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.”


Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa