Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me.
Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.