Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 3:22 - Agbenya La

22 Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Marko 3:22
14 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”


Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.


Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la, eƒe sukuvi la hã dzi wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme, eye esi wònye be woyɔ nye, Aƒea dzi kpɔla be Belzebul ɖe, aleke woayɔ miawoe?


Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”


Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.


Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”


Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ.


Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!”


Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.


Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli,


Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”


Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Ɖe menye nyateƒe wònye míegblɔ be Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”


Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa