Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:24 - Agbenya La

24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye farisitɔwo gblɔ nɛ bena: Kpɔ da, wowɔ nusi mele sea nu o la le Sabat dzi!

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:24
18 Mawu Ofanana  

Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o,


Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui.


Woayra ame si wɔna alea heléa eme ɖe asi sesĩe, ame si megblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe la o, ke boŋ wòléa eme ɖe asi, eye menana eƒe asi wɔa nu vɔ̃ɖi o.”


Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Ne ŋutsu siwo wota, lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, hetia nu si dzea ŋunye, eye wolé nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la,


Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu be woanye dɔlawo nɛ, woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe. Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, womegblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la,


“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,


Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”


Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”


Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa?


“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”


Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa