Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:21 - Agbenya La

21 “Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, ava yeye, si wotso kae la, aho avɔ xoxo la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu awu tsãtɔ.

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:21
7 Mawu Ofanana  

Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.


“Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.


Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ.


Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”


Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã.


Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa