Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 2:18 - Agbenya La

18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo tsia nu dana; eye wova gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dona, eye wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dona o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 2:18
8 Mawu Ofanana  

“Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.


“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.


ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o


Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’


Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa