Marko 16:15 - Agbenya La15 Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191315 Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Onani mutuwo |
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.