Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 13:14 - Agbenya La

14 “Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;

Onani mutuwo Koperani




Marko 13:14
14 Mawu Ofanana  

Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la.


Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o.


“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi


“Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290).


Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?”


Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”


Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míese wo gɔme.”


Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me.


Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa