Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:26 - Agbenya La

26 Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:26
16 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.”


Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo,


Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”


Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la,


Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”


“Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte.


Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?


elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.


“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’


Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”


Mawu megbe eƒe ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la o. Mienya nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom la oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa