Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:2 - Agbenya La

2 Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi ɣeyiɣia ɖo la, edo dɔla ɖo ɖe agbleŋlɔlawo gbɔ bena, yeaxɔ agble la me kutsetsea ɖewo tso eŋlɔlawo si me.

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:2
18 Mawu Ofanana  

Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.”


Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la.


se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi.


Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o.


Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”


“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.


Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me.


gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu.


Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”


Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.


Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa