Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 12:11 - Agbenya La

11 Aƒetɔ lae wɔ nu sia, eye wònye nukunu le mía ŋkume.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Marko 12:11
13 Mawu Ofanana  

Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o.


Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe.


Yehowae wɔ esia, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume.


Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.


dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!


Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?


Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”


Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.


Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa