Marko 11:14 - Agbenya La14 Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Eye wòde asi gbɔgblɔ me nɛ bena; Tso esia dzi yina la amea ɖeke maɖu wò kutsetsea ɖeke o halase tegbetegbe. Eye eƒe nusiawo see. Onani mutuwo |
“Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.