“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo.
elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe?
Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.”