Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:48 - Agbenya La

48 Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye ame geɖewo blu ɖe eta, bena wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli geɖe wu tsãtɔ bena: Dawid vi la, kpɔ ye nublanui!

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:48
15 Mawu Ofanana  

eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò. Vavã, àɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”


Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.


Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.


Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”


Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”


Gbe ɖeka la, ame aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔ be wòayra wo. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.


Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”


Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.”


Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa