Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 10:32 - Agbenya La

32 Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye esi wole mo dzi yina Yerusalem la, Yesu dze wo ŋgɔ, eye woƒe mo wɔ yaa, ke amesiwo dze eyome la, wovɔ̃. Eye esi wògayɔ ame wuieveawo va egbɔe la, ede asi nusiwo le edzi va ge la, gbɔgblɔ me na wo bena:

Onani mutuwo Koperani




Marko 10:32
12 Mawu Ofanana  

“ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.


Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.


Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe.


Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.


Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm.


Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem.


Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem,


Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”


Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa