Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:41 - Agbenya La

41 Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:41
12 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.


Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.


Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”


Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.


Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.


Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).


Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa