Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Marko 1:21 - Agbenya La

21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.

Onani mutuwo Koperani




Marko 1:21
18 Mawu Ofanana  

ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.


Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.


Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake.


Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me,


Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu.


Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.


Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.


Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!


Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.”


Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la,


Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la,


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’


Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo.


Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa