“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.