Malaki 3:8 - Agbenya La8 “Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19138 ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa? Onani mutuwo |
Miegblɔna na amewo hã be, Mitsɔ lã siwo mede blibo o la sa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi faa, ɛ̃, lã siwo ƒe ŋkuwo gbã kple esiwo le dɔ lém la, megblẽ naneke o? Nu sia miewɔ, eye miebe menye vɔ̃ oa? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be mitsɔ wo na miaƒe mɔmefia abe nunana ene, eye miakpɔe ɖa be adze eŋu hã?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.