Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 3:4 - Agbenya La

4 Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yuda kple Yerusalem ƒe vɔsawo avivi Yehowa nu abe le tsã ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo me ene.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 3:4
22 Mawu Ofanana  

Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.


David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi.


Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.


Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã. O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.


Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò, ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui dzi.


woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi, elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa