Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 3:12 - Agbenya La

12 “Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye dukɔwo katã akafu mi, elabena mianye anyigba dzeani, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 3:12
15 Mawu Ofanana  

Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem.


Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.


Woadze si wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome. Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii be woawoe nye ame siwo Yehowa yra.”


Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.


Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.


Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’


Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me.


Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”


“Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’, “Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’


Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.


anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa