Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:6 - Agbenya La

6 Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nufiame dzɔdzɔe nɔ eƒe nu me, eye womekpɔ alakpa le eƒe nuyiwo dzi o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple nyateƒe me, eye wòɖe ame geɖe-wo ɖa tso vodada me.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:6
27 Mawu Ofanana  

Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene.


Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu.


Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wò se la hã nye nyateƒe.


O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe! Wò sededewo katã hã nye nyateƒe.


Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me, eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe.


Bu ame maɖifɔ la ŋu, eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã.


be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo


Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”


Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe.


Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.


Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.


Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o?


Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe.


Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo.


be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.


Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.


Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.


Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nu me o, elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.


Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa