Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:5 - Agbenya La

5 “Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nye nu, si mebla kplii la, enye agbetɔ kple ŋutifafatɔ, eye metsɔ vɔvɔ̃ ɖe asi nɛ, evɔ̃m, eye nye ŋkɔ ɖo ŋɔdzi nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:5
14 Mawu Ofanana  

O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.


Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa, ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe.


“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.


Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe.


Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ,


ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso


“Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa.


“Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa