Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 2:3 - Agbenya La

3 “ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Kpɔ ɖa, malã alɔ na mi, mahlẽ miaƒe ŋkekenyuiewo ƒe mĩwo ɖe mo na mi, eye woakɔ mi ayi wo gbɔe.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 2:3
16 Mawu Ofanana  

“ ‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene.


atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’


Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.


ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba.


Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene.


Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.


Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me, blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.


ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.


Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo.


“Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”


Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. “Ame si to senu li na la nesee.”


Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene.


“Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa