Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Malaki 1:11 - Agbenya La

11 Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Malaki 1:11
65 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.


Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.


Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.


Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene.


Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.


Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta.


Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.


Èlé be na anyigba, de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu. Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa, ne wòana bli eƒe dukɔ, elabena nenema nèɖoe.


Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.


O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.


Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ, eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.


Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.


Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.


Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.


Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o.


elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu, elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ si le sisim kple ŋusẽ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae ɖe du nu la ene.


“Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.


O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.


Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.


Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”


Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu. “Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.”


ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.” Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe.


Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo.


Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo.


“Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me.


Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.


Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.


sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;


eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.


Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob.


Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.


Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu.


Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.


Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.


Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe. Dukɔwo katã ava, eye woasubɔ wò, elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.”


Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa