Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:32 - Agbenya La

32 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye alɔ̃ tsɔ Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la ŋutɔ, ke esi woƒe mo kɔ keŋ la, wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la kple ŋutsu eve, siwo le tsitre ɖe egbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:32
13 Mawu Ofanana  

Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.


Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.


Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.


Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o.


Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.


“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.


Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa