Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 9:12 - Agbenya La

12 Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi fiẽ le ɖoɖom la, ame wuieveawo va egbɔ gblɔ ne bena: Ɖe asi le ameha la ŋu, bena wòayi ɖe kɔƒeawo me kple agbleta, siwo ƒo xlã mi la, eye wòadze afima, eye woakpɔ nuɖuɖu, elabena gbedzi míele le afisia.

Onani mutuwo Koperani




Luka 9:12
13 Mawu Ofanana  

“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.


Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi.


Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome.


Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”


Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.”


Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?”


Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo.


Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa