Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:43 - Agbenya La

43 Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la,

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:43
22 Mawu Ofanana  

Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekelia me la, dɔléle sesẽ aɖe va dze eƒe afɔ dzi. Metsɔ dɔléle sia ɖo Yehowa ŋkume o, ke boŋ eyi atikewɔlawo gbɔ.


Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!


Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o.


Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?


elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”


Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”


ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.


Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?”


Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna.


elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo.


Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.


Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe.


Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.”


Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si.


Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa