Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:39 - Agbenya La

39 “Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:39
13 Mawu Ofanana  

Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii,


gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”


Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,


Ke esi Yesu trɔ va la, ameha la xɔe atuu, elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo.


“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”


Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ.


Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa